Matthew 17:10-17

10Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka tae Yudatɔwo ƒe Osɔfowo nɔa gbɔgblɔm godoo be ale be Eliya nagava hafi Mesia la nava?”

11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Mesia la nava. 12Eye le nyateƒe me la, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dzesii o, eya ta ame geɖewo wɔ funyafunyae. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fue le woƒe asi me.”

13Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.

Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)

14Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena,

15“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣeaɖewoɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi me. 16Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”

17Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. Ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!”
Copyright information for EweBEE